1 Corinthians 6

Womakplɔ nɔvi xɔsetɔ ayi dzimaxɔsetɔwo ƒe ʋɔnui o

1Nɔvinyewo, nu ka ta, ne masɔmasɔ aɖe dzɔ le mi kristotɔwo dome la, mietsɔa nya la yia fia alo dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe be Trɔ̃subɔlawo nadrɔ̃ na mi esi wòle be miayi kristotɔwo boŋ gbɔ? 2Ɖe mienyae bena, gbe ɖeka la, mí kristotɔwoe aɖu fia ɖe xexeame blibo dzi eye míadrɔ̃ ʋɔnu xexeametɔwo o mahã? Nu ka ta miate ŋu adzra nya viviwo ɖo le mia nɔewo dome o? 3Alo mienya be gbe aɖe gbe la, mí kristotɔwoe adrɔ̃ ʋɔnu mawudɔla siwo le dziƒo gɔ̃ hã, eye miaxe fe na wo dome ɖe sia ɖe abe ale si dze ene oa? Eya ta nɔviwo, ele be miawo ŋutɔ miate ŋu adzra mia nɔewo dome ɖo bɔbɔe le anyigba sia dzi. 4Nu ka ta wòhiã be miatsɔ miaƒe nyawo ayi na Trɔ̃subɔlawo be woadrɔ̃ na mi? 5Mele nya siawo gblɔm kple susu be ŋu nakpe mi. Ɖe miele gbɔgblɔm be le miaƒe ha bliboa me la, ame aɖeke kura meli si si susu le ale be wòate ŋu awɔ nya siawo ŋutidɔ na mi oa? 6Ke nu ka ta wòle dzɔdzɔm le mia dome be Kristo natsɔ nya ɖe nɔvia kristotɔ bubu ŋu le Trɔ̃subɔlawo, ame siwo menya Mawu o la gbɔ? 7Esi mietsɔ nya ɖe mia nɔewo ŋu le ʋɔnu ɖeɖe dza fia be woɖu mia dzi xoxo. Nu ka wɔ miaɖe mɔ be woada vo ɖe mia ŋu boŋ o? Nu ka ta miaɖe mɔ be woaba mi boŋ o? 8Ewɔ nublanui ŋutɔ be miawo boŋue le nu vlowo wɔm. Miele amebaba dzi ɣesiaɣi eye esi gavlo wue nye be miewɔa nu siawo ɖe mia nɔvi kristotɔwo kekeake hã ŋu.

Agbe vlo nɔlawo manyi mawufiaɖuƒe ƒe dome o

9Ɖe mienyae be ame vɔ̃ɖiwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o. Ahasiwɔlawo kple Trɔ̃subɔlawo, matrewɔlawo kpakple ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsu bubuwo, 10fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo, ameŋunyagblɔlawo kple amebalawo la, womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o. 11Tsã la, mia dometɔ aɖewo ƒe agbenɔnɔ sɔ pɛpɛpɛ kple ame baɖa siawo tɔ. Ke fifia la, woklɔ miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia ŋu, eye le nu si Aƒetɔ Yesu Kristo kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ la wɔ na mi ta la, Mawu xɔ mi miezu eƒe ame tɔxɛwo. 12Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, mɔɖeɖe li be yewoate ŋu awɔ nu sia nu faa, ne Aƒetɔ Yesu mede se tɔxɛ aɖeke ɖe wo nu o. Esia anya nɔ eme alea, gake menye nu sia nu wɔwɔe nyona na ame o. Ame ate ŋu awɔ nu sia nu faa ne mɔɖeɖe li, gake menyo be ame nazu kluvi na naneke kura o.

13Ele eme be Mawu wɔ ƒodo na mí be míaɖu nu, gake menye esia tae wòle be ame naɖu nutsu o. Le nyateƒe me la, miganɔ bubum be nuɖuɖu le vevie akpa o, elabena gbe ɖeka la, Mawu le nuɖuɖu kple míaƒe ƒodowo siaa ɖe ge ɖa. Medi be mianya nyuie hã be, ahasiwɔwɔ menyo le mɔ aɖeke nu o. Menye esia tae wowɔ míaƒe ŋutilã sia ɖo o, ke boŋ ɖe wowɔe na Aƒetɔ la, eye enye Aƒetɔ la ƒe didi vevie be ye ŋutɔ yeava nɔ miaƒe ŋutilãwo me. 14Gbe ɖeka la Mawu afɔ miaƒe ŋutilã ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, abe ale si tututu wòfɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ene. 15Alo mienye be miaƒe ŋutilãwo nye Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutilã ƒe akpa vovovowo oa? Ne ele alea la, ekema ɖe wònyo be miatsɔ Kristo ƒe ŋutilã ade ha kple gbolowoa? Gbeɖe, mele be wòanɔ alea o!

16Ɖe mienyae be ame si de ha kple gbolo aɖe la zu ŋutilã ɖeka kplii oa? Elabena wogblɔe be, “Wo ame evea woazu ŋutilã ɖeka.” 17Ke ame si tsɔ eɖokui lé ɖe Aƒetɔ la ŋu la, eya kplii wozu ɖeka le gbɔgbɔ me.

18Le esia ta mele gbe tem ɖe edzi na mi be miadzudzɔ ahasiwɔwɔ. Elabena ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃ si ƒoa ɖi ame ƒe ŋutilã. Eya ta ne miewɔ nu vɔ̃ sia la, miawo ŋutɔwo koe akpe fu. 19Nu ka tae va se ɖe fifia hã la mienya kpɔ be miaƒe ŋutilã nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu na mi la ƒe nɔƒe eye wòle mia me ɣesiaɣi o mahã? Miawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo menye mia tɔ o. 20Elabena Mawu ƒle mi ho gã aɖe. Eya ta, miwɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ŋutidɔ hena Mawu ƒe dodoɖedzi kple kafukafu elabena etɔwoe mienye.

Copyright information for EweBEE